Ezekiel 46:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu siwo wòana hena nuɖuvɔsa la woe nye wɔ agba ɖeka kpe ɖe nyitsu la ŋu, eye wɔ agba ɖeka nakpe ɖe agbo la ŋu, wòana nu si eya ŋutɔ lɔ̃ la kpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami lita ene nakpe ɖe agba ɖe sia ɖe ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wòatsɔ nuɖuvɔsa efa ɖeka akpe ɖe nyitsu la ŋu kple efa ɖeka akpe ɖe agbo la ŋu, ke wòakpe alesi nu woate ŋu ana la, ɖe alẽviawo ŋu, eye ami hin ɖeka nanɔ efa ɖeka ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nuɖuɖuvɔsa efa ɖeka nakpe ɖe nyitsuvi la kple agbo la hã ŋu. Le alẽviawo gome la, newɔ eƒe ŋutete, ami lita etɔ̃ nakpe ɖe lã ɖe sia ɖe ƒe bli ŋu.