Ezekiel 46:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ne anyigba la dzi nɔlawo va Aƒetɔ Yehowa ŋkume le ŋkekenyui ɖoɖiawo dzi la, ame sia ame si age ɖe eme to agbo anyiehemetɔ me be yeasubɔ la, ado go to agbo dziehetɔ me. Nenema ke, ame sia ame si age ɖe eme to agbo dziehetɔ me la, ado go to agbo anyiehetɔ me. Ame aɖeke mado go to agbo si me wòto ge ɖe eme o, ke ame sia ame ado go to agbo evelia me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne dukɔ hahoo la va Yehowa ŋku me le ŋkekenyuiewo dzi la, ekema amesi to anyiehe-gbo nu ge ɖe eme be yeado gbe ɖa la, neto dziehe-gbo nu do, eye amesi to dziehe-gbo nu ge ɖe eme la, neto anyiehe-gbo nu ɖo; amea ɖeke megagbugbɔ to agbo, si nu wòto ge ɖe eme la o, ke boŋ neɖo la ŋgɔ tẽ, ne wòado go.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne dukɔ la va Aƒetɔ ŋkume le ŋkekenyuiwo dzi la, ame si to dzigbemegbo la nu ge ɖe eme be yeado gbe ɖa la, nato anyigbemegbo la nu ado, eye ame si to anyigbemegbo la nu ge ɖe eme la nato dzigbemegbo la nu ado. Ame aɖeke mekpɔ mɔ atrɔ do to agbo si nu wòto ge ɖe eme la o, ke boŋ ame sia ame nedze ŋgɔ tẽe ado.