Ezekiel 47:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame la kplɔm gbugbɔ va gbedoxɔ la ƒe mɔnu, eye mekpɔ tsi wònɔ dodom to gbedoxɔ la ƒe kpui te yina ɣedzeƒe lɔƒo, elabena gbedoxɔ la dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Tsi la nɔ dodom tso gbedoxɔ la ƒe dziehe lɔƒo to vɔsamlekpui la ƒe dziehe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòkplɔm gbugbɔ yi xɔ la nu, eye kpɔ ɖa, tsi le dzidzim le xɔ la ƒe kpui te ɖo ta ɣedzeƒe gome; elabena xɔ la trɔ ŋgɔ dze ɣedzeƒe gome; eye tsi la si to xɔ la ƒe ɖusikpa dzi ɖo ta vɔsamlekpui la ƒe dzigbe gome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egbugbɔm va gbedoxɔ la ƒe ʋɔtru nu, eye kpɔ ɖa, tsi nɔ sisím tso gbedoxɔ la ƒe kpui la gɔme ɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo (elabe gbedoxɔ la dze ŋgɔ ɣedzeƒe). Tsi la nɔ sisím tso kpui la ƒe anyigbeme, le vɔsamlekpui la ƒe anyigbe lɔƒo.