Ezekiel 47:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tɔƒodelawo atsi tsitre ɖe tɔsisi la to, tso En Gedi yi En Eglaim, teƒe anɔ anyi na ɖɔkpɔkplɔ. Tɔmelã vovovowo anɔ anyi abe Atsiaƒu Gã la ƒe tɔmelãwo ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖɔkplɔlawo anɔ eto tso En-Gedi vaseɖe En-Eglayim, eye ɖɔkplɔƒe wòazu; eme lãwo asa gbɔ kpaŋkpaŋ abe atsiaƒu gã me lãwo ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖɔkplɔlawo anɔ atsiaƒua to tso En-Gedi va se ɖe En-Eglayim. Anye teƒe siwo woada ɖɔ ɖo. Eƒe tɔmelã vovovowo asɔ gbɔ kpaŋkpaŋ abe Atsiaƒu Gã la me lãwo ene.