Ezekiel 47:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Kutsetseti ƒomeviwo katã atsi ɖe tɔsisi la ƒe go eveawo dzi. Woƒe aŋugbawo malũ xɛ o, eye woƒe kukutsetsewo nu matso o. Woatse ku ɣleti sia ɣleti, elabena tɔsisi tso kɔkɔeƒe la tsa yi wo gbɔ. Woƒe tsetseawo anye nuɖuɖu, eye woƒe aŋugbawo azu atike.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ati tseku vovovowo amie ɖe tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi, woƒe aŋgbawo mayrɔ o, eye woƒe tsetsewo nu matso o; woatse ku yeye ɣleti sia ɣleti, elabena kɔkɔeƒe la woƒe tsi dzo tso; woƒe tsetse anye nuɖuɖu, eye woƒe aŋgbawo anye dɔyɔgbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le tɔsisi la ƒe go eveawo dzi la, ati vovovo siwo tsea ku woɖuna la, anɔ anyi. Woƒe aŋgbawo mayrɔ loo, alo agbe kutsetse ɣeaɖekeɣi o. Ke woatse ku yeye ɣleti sia ɣleti. Elabe woƒe tsi tsa tso kɔkɔeƒe la. Woƒe kutsetsewo anye nuɖuɖu, eye woƒe aŋgbawo ayɔ dɔ.”