Ezekiel 47:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Liƒo la atso atsiaƒu la gbɔ ayi Hazar Enan le Damasko ƒe anyieheliƒo dzi kple Hamat ƒe anyieheliƒo. Esiae anye dzigbemeliƒo la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale liƒo la natso atsiaƒu nu vaseɖe Xazer-Enon le Damasko ƒe liƒo dzi, eye wòato anyiehe gome vaseɖe Xamat ƒe liƒo dzi; esia nye anyieheliƒo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale liƒo la atso ƒu la nu va ɖo Xazar-Enon, si le Damasko ƒe liƒo dzi le dzigbeme lɔƒo va ɖo Xamat ƒe dzigbeme liƒo dzi.”