Ezekiel 47:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣedzeƒe lɔƒo la, liƒo la ato Hauran kple Damasko dome, ato Yɔdan ŋu, ato Gilead kple Israel ƒe anyigba dome ayi ɣedzeƒeƒu la gbɔ ayi keke Tamar. Esiae anye ɣedzeƒeliƒo la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɣedzeƒe gome enye si: Yordan nanye liƒo le Xauran kple Damasko, Gilead kple Israel-nyigba dome; midzidzee tso liƒo kemea ŋu vaseɖe atsiaƒu la nu le ɣedzeƒe gome; esia nye ɣedzeƒekpa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Le ɣedzeƒekpa dzi la, liƒo la alɔ ɖe enu tso Xazar-Enon ato Xauran kple Damasko dome. Azɔ Yordan-bali la ŋu ato Gilead kple Israel-nyigba la dome ayi aɖatu atsiaƒu la le ɣedzeƒe gome va se ɖe Tamar ke. Esia anye ɣedzeƒekpa dzi.”