Ezekiel 47:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le dziehe lɔƒo la, atso Tamar ayi keke Meriba Kades ƒe tsiwo gbɔ, azɔ ato Wadi le Egipte xa, ayi Atsiaƒu Gã la gbɔ. Esiae anye Dzieheliƒo la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Dzieheliƒo natso Tamar vaseɖe dzrewɔtsi la nu le Kades, eye wòato tɔʋu la ŋu vaseɖe atsiaƒu gã la nu; esia nye dzieheliƒo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Le anyigbeme la, liƒo la atso Tamar ayi keke Meriba-Kades tsiwo gbɔ. Ekema atso afi ma ato Egipte-tɔʋu la ŋu ava tu Atsiaƒu Gã la. Esia anye anyigbemekpa dzi.”