Ezekiel 47:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣetoɖoƒe lɔƒo la, Atsiaƒu Gã la anye liƒo la na teƒe aɖe si le Lebo Hamat la kasa. Esiae anye ɣetoɖoƒeliƒo la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Atsiaƒu gã la nanye liƒo le ɣetoɖoƒe gome tso liƒo sia gbɔ vaseɖe Xamat kasa; esia nye ɣetoɖoƒeliƒo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Le ɣetoɖoƒe lɔƒo la, Atsiaƒu Gã la anye liƒo va se ɖe teƒe si dze ŋgɔ Xamat. Esia anye ɣetoɖoƒekpa dzi.”