Ezekiel 47:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ele be miamae abe domenyinu ene na mia ɖokuiwo kple amedzro siwo va tsi mia dome, ame siwo si viwo le. Ele be miabu wo abe Israelvi dzɔleaƒeawo ene. Abe miawo ŋutɔ ene la, woana domenyinu wo ɖe Israel ƒe towo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne miedzidze nu ɖe edzi, be wòanye miaƒe domenyinu la, mibu amedzro, siwo le mia dome, eye wodzi viwo ɖe mia dome la abe Israel-viwo ƒe aƒeviwo ene; woaxɔ domenyinu kpe ɖe mia ŋu ɖe Israel ƒe toawo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miama anyigba la ɖe mia nɔewo dome abe domenyinu ene na mia ɖokui kple amedzrovi siwo le mia dome, eye wodzi viwo ɖe mia dome la. Woanɔ na mi abe Israelvi dzɔleaƒeawo ene. Woawo hã woaxɔ domenyinu abe miawo ke ene le Israel-toawo dome.