Ezekiel 47:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Egadzidze mita alafa atɔ̃ (500) bubu, ke azɔ la, ezu tɔsisi si nyemate ŋu atso o, elabena tsi la ɖɔ, eye wògoglo be woate ŋu aƒui, eye ame aɖeke mate ŋu atsoe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Emegbe wògadzidze abɔklugui akpe ɖeka, tɔsisi wònye, nyemete ŋu tsoe o, elabena tsi la goglo, ale be ɖeko woate ŋu aƒui, tɔsisi, si womate ŋu atso o la, wònye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egadzidze meta alafa atɔ̃ ake, eye wòzu tɔsisi si nyemate ŋu atso o la, elabe tɔ la ɖɔ. Egoglo ale gbegbe be ɖeko woaƒui.