Ezekiel 47:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu gbagbe geɖewo anɔ eme, afi sia afi si wòatsa ayi. Tɔmelã geɖewo anɔ eme, elabena tsi sia tsana yina afi ma, eye wònana dzetsi trɔna zua tsi nyui, ale be afi sia afi si tɔsisi la tsa yi la, nu sia nu anɔ agbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Afisiafi, si to la de la, nu gbagbe, siwo katã ʋãna, agba agbe, eye tɔmelãwo asɔ gbɔ fũ; afisiafi, si to la va la, tsi la atrɔ zu tsi nyui, eye nusianu, si gbɔ tɔ la de la, agbɔ agbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Afi sia afi si tsi la ɖo tae la, nu gbagbe siwo katã nɔa ha me la, agbɔ agbe, eye tɔmelãwo ado fũu. Elabe tsi ɖo ta afi ma, ale be atsiaƒu la natrɔ zu tsi nyui. Eya ta teƒe ɖe sia ɖe si tsia de la, nuwo atsi agbe.