Ezekiel 48:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Esiawoe nye toawo le woƒe ŋkɔwo nu: “Tso dzigbemeliƒo dzi la, Dan axɔ mama ɖeka. Mama sia azɔ ɖe Hetlon mɔ ŋu ayi Lebo Hamat. Hazar Enan kple Damasko ƒe dzigbemeliƒo anye eƒe liƒo ƒe akpa aɖe tso ɣedzeƒe lɔƒo va yi ɣetoɖoƒe lɔƒo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Toawo ƒe ŋkɔwo nye esi: Tso anyiehe kekeake mlo ɖe Xetlon-mɔ ŋu to Xamat vaseɖe Xazer-Enon heɖe Damasko ƒe liƒo ɖe Xamat ƒe anyiehe gome; Dan nexɔ gome ɖeka tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Toawo ƒe ŋkɔwoe nye esiawo: Anyigba la dze egɔme tso dzigbeme liƒo dzi, tso atsiaƒu la gbɔ hemlo to Xetlon-mɔ gbɔ va do ɖe Xamat-mɔ nu, ʋuu keke va ɖo Xazer-Enon (si le Damasko ƒe liƒo dzi heɖe Xamat da ɖe dzigbeme gome). Dan naxɔ mama ɖeka tso ɣedzeƒekpa dzi va se ɖe ɣetoɖoƒe.