Ezekiel 48:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Teƒe sia anye teƒe kɔkɔe na nunɔlawo. Adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) le anyiehe, akeke mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣetoɖoƒe, akeke mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣedzeƒe, eye wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) le dziehe. Aƒetɔ Yehowa ƒe Kɔkɔeƒe la anɔ teƒe sia ƒe titina.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Adzɔ kɔkɔe la nanye nunɔlawo to, wòadidi le anyiehe gome abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃, eye woakeke le ɣetoɖoƒe gome abɔklugui akpe ewo, wòakeke le ɣedzeƒe gome abɔklugui akpe ewo, eye wòadidi le dziehe gome abɔklugui akpe blave vo alɔ̃, eye Yehowa ƒe kɔkɔeƒe la nanɔ etitina;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Teƒe kɔkɔe si woaɖe ɖe aga lae nye esi: Nunɔlawo nakpɔ gome si adidi kilometa wui eve kple afã le dzigbeme lɔƒo, akeke kilometa atɔ̃ le ɣetoɖoƒekpa dzi, eye wòakeke kilometa atɔ̃ le ɣedzeƒekpa dzi, eye eƒe didime le anyigbeme la nanɔ kilometa wui eve kple afã. Aƒetɔ ƒe kɔkɔeƒe la nanɔ teƒe sia titina.