Ezekiel 48:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Le nunɔlawo ƒe teƒe ƒe axadzi la, Levitɔwo axɔ anyigba wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye wòakeke mita akpe atɔ̃ (5,000). Eƒe didime blibo la anye mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye eƒe kekeme blibo la anye mita akpe atɔ̃ (5,000).
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Lewi-viwo mexɔe ɖe nunɔlawo ƒe liƒo ŋu wòadidi abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃, eye wòakeke abɔklugui akpe ewo. Didime blibo la nanye abɔklugui akpe blave vo atɔ̃, eye kekeme nanye abɔklugui akpe blave.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Levi viwo nexɔe ɖe nunɔlawo ƒe liƒo nu. Wo tɔ nedidi kilometa wui eve kple afã, eye wòakeke kilometa atɔ̃. Didime la katã nanɔ kilometa wui eve kple afã, eye wòakeke kilometa ewo.