Ezekiel 48:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye wòadidi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le anyiehe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le dziehe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le ɣedzeƒe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le ɣetoɖoƒe lɔƒo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Du la ƒe dzidzeme enye si: Anyiehe gome nanye abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃, eye dziehe gome nanye abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃, ɣedzeƒe gome nanye abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃, eye ɣetoɖoƒe gome nanye abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dua ƒe dzidzeme nayi ale: Eƒe dzigbeme nakeke kilometa eve kple meta alafa eve bla atɔ̃. Anyigbeme hã nakeke kilometa eve meta alafa eve bla atɔ̃; akeke le ɣedzeƒekpa dzi kilometa eve meta alafa eve bla atɔ̃, eye le ɣetoɖoƒekpa dzi hã la akeke kilometa akpe eve meta alafa eve bla atɔ̃.