Ezekiel 48:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Du la ƒe lãnyiƒe adidi mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le anyiehe lɔƒo, mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le dziehe lɔƒo, mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòadidi mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le ɣetoɖoƒe lɔƒo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Lãnyiƒe, si anɔ dua ŋu, nake le anyiehe gome abɔklugui alafa eve kple blaatɔ̃, eye le dziehe gome abɔklugui alafa eve kple blaatɔ̃, le ɣedzeƒe gome abɔklugui alafa eve kple blaatɔ̃, eye le ɣetoɖoƒe gome abɔklugui alafa eve kple blaatɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Lãnyiƒe si keke la nanɔ dua ƒe dzigbeme. Nekeke meta alafa ɖeka bla eve vɔ atɔ̃; anyigbeme tɔ hã nekeke meta alafa ɖeka bla eve vɔ atɔ̃. Le ɣedzeƒe la, nekeke meta alafa ɖeka bla eve vɔ atɔ̃, eye ɣetoɖoƒe tɔ hã nakeke meta alafa ɖeka bla eve vɔ atɔ̃.