Ezekiel 48:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Anyigba la ƒe akpa si susɔ, si ɖe liƒo kple teƒe kɔkɔe la, eye wòmlɔ eƒe didime xa la, adidi mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣedzeƒe lɔƒo, mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Eƒe agblemenukuwo anye nuɖuɖu na dua me dɔwɔlawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Didime la ƒe susɔea, si mlo ɖe adzo kɔkɔea ŋu hele abɔklugui akpe ewo le ɣedzeƒe gome kple abɔklugui akpe ewo le ɣetoɖoƒe gome la ƒe agble me nuwo nanye nuɖuɖu na dua ƒe agbledelawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Anyigba si susɔ, eye wòdo liƒo kple kɔkɔeƒea la ƒe didime lanɔ meta akpe atɔ̃ le ɣedzeƒe, eye wòle meta akpe atɔ̃ le ɣetoɖoƒe hã, eye wòamlɔ kɔkɔeƒe la ŋu. Eƒe nukuwo nanye nuɖuɖu na dua me dɔwɔlawo.