Ezekiel 48:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Nu si asusɔ le teƒe la ƒe akpa eveawo ŋu la le teƒe kɔkɔe la kple dua ƒe anyigba ŋu la, anye fiaviŋutsu la tɔ. Akeke ayi ɣedzeƒe lɔƒo tso teƒe kɔkɔe la mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) va se ɖe ɣedzeƒeliƒo la dzi, eye wòayi ɣetoɖoƒe lɔƒo tso mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) ŋu va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi. Teƒe eve siawo, siwo xe ɖe toawo ƒe teƒewo ƒe didime ŋu la anye fiaviŋutsu la tɔ, eye teƒe kɔkɔe la kple gbedoxɔ la anɔ woƒe titina.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke mamlea, si le adzɔ kɔkɔe la kple du la ƒe anyigba ƒe goawo kple eve dzi la, nanye amegã la tɔ; amegã la tɔ nanɔ abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃ la xa le ɣedzeƒe gome vaseɖe ɣedzeƒe-liƒo dzi, eye wòanɔ abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃ la xa le ɣetodoƒe gome vaseɖe ɣetoɖoƒe-liƒo dzi ahasɔ kple toawo ƒe gomeawo; adzo kɔkɔe la kple xɔ kɔkɔe la nanɔ titina.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Teƒe si susɔ ɖe kɔkɔeƒe ƒe akpa eveawo, si le dukɔ la ƒe anyigba ŋu la, nanye amegã la tɔ. Nekeke ɖe enu tso anyigba kɔkɔe la gbɔ kilometa wui eve kple afã ava ɖo ɣedzeƒeliƒo dzi, eye wòakeke kilometa wui eve kple afã ava ɖo ɣetoɖoƒeliƒo dzi. Amlɔ toawo ƒe anyigba xa. Anye amegã la ƒe anyigba. Memama kɔkɔe la si ƒe titina gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒe la le