Ezekiel 48:29 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Esiae nye anyigba si miama abe domenyinu na Israel ƒe towo ene, eye esiawoe anye woƒe teƒewo.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esia nye anyigba, si dzi miadzidze nu ɖo wòanye domenyinu na Israel ƒe toawo, eye esia nye woƒe gomewo, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esia nye anyigba si ŋu miadzidze nu ɖo ahama abe domenyinu ene ɖe Israel ƒe toawo dome, eye esiawoe nye gome vovovo siwo woakpɔ.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.