Ezekiel 48:32 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣedzeƒe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be, Yosef ƒe agbo, Benyamin ƒe agbo kple Dan ƒe agbo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɣedzeƒe gome le abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃; agbo etɔ̃ le eŋu, siwo nye: Yosef-gbo ɖeka, Benyamin-gbo ɖeka kple Dan-gbo ɖeka.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ɣedzeƒekpa dzi la, glia adidi meta akpe eve alafa eve bla atɔ̃. Agbo etɔ̃ anɔ anyi: Yosef ƒe agbo, Benyamin ƒe agbo kple Dan ƒe agbo.