Ezekiel 48:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Anyigba si miana abe lɔlɔ̃nununana tɔxɛ ene la, anɔ Yuda ƒe anyigba ƒe liƒo dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. Akeke mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye eƒe didime tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe asɔ kple to ɖeka ƒe anyigba tɔ. Kɔkɔeƒe la anɔ eƒe titina.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Adzo, si na ge miala la, nanɔ Yuda ƒe liƒo ŋu tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe, woakeke abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃, eye wòadidi abe gomeawo dometɔ ɖeka ene tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe, eye kɔkɔeƒe la nanɔ etitina.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Tso Yuda ƒe liƒo nu tso ɣedzeƒe va se ɖe ɣetoɖoƒe la, anye akpa aɖe si woaɖe ɖe aga. Nekeke kilometa wui eve kple afã, eƒe didime nesɔ kple mama ɖeka si xɔm toawo le la tso ɣedzeƒe va se ɖe ɣetoɖoƒe, kɔkɔeƒe la nanɔ eƒe titina.