Ezekiel 5:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Azɔ, ame vi, tsɔ yi ɖaɖɛ aɖe, wɔ eŋu dɔ abe takola aɖe ƒe hɛ ene, eye nàlũ wò taɖa kple ge. Le esia megbe la, ma ɖa la le nudanu dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wò amegbetɔvi, tso yi ɖaɖɛ wo talũhɛ, ne natsɔ alũ wò ta kple wò ge, eye natsɔ nudanu amã ɖawo mee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Wò amegbetɔ vi, tsɔ yi ɖaɖɛ aɖe. Wɔ eŋudɔ abe takola ƒe talũhɛ ene. Tsɔe lũ wò ta kple ge. Ekema tsɔ nudanu, eye nàma ɖa la me.