Ezekiel 5:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Eya ta meta nye agbe, zi ale si miegblẽ kɔ ɖo na nye Kɔkɔeƒe kple miaƒe legba nyɔŋuwo kple kɔnu vlowo ta la, nye ŋutɔ maɖe nye amenuveve ɖa le mia dzi. Nyemakpɔ nublanui na mi o, eye nyemaɖe mi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe, esi netsɔ wò legbawo katã kple wò ŋunyɔnuwo katã gblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe ta la, ne magbe wò gbagbã gudugudu, nye ŋku akpɔ nublanui na wò, eye makpɔ tawo fi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: Zi ale si mele agbe la, malã wò aƒu anyi godoo elabe ègblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe la kple wò nugbegblẽwo katã kpakple wò ŋunyɔnuwo katã. Nye ŋku mato esia dzi o, eye nyemakpɔ nublanui o.