Ezekiel 5:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mia dome mama etɔ̃ ƒe ɖeka aku le dɔvɔ̃ ta alo atsrɔ̃ to dɔwuame me, mama etɔ̃ ƒe ɖeka bubu atsi yi nu le miaƒe gliwo godo, eye mama etɔ̃ ƒe ɖeka mamlɛa maka ahlẽ ɖe yawo nu, eye maɖe yi le aku me anya wo ɖe du nu.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wò akpa etɔ̃liawo ɖeka aku ɖe dɔvɔ̃ nu, eye dɔwuame atsrɔ̃ wo ɖe mewò; akpa etɔ̃liawo ɖeka atsi yi nu aƒo xlã wò godoo ava kpe, eye makaka akpa etɔ̃liawo ɖeka ahlẽ ɖe yawo katã nu, eye maɖi yi anɔ wo yome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dɔ vɔ̃ awu wò akpa etɔ̃liawo ƒe ɖeka, eye dɔwuame atsrɔ̃ wo le mia dome. Akpa etɔ̃lia bubu atsi yi nu le ame siwo ƒo xlã wò godoo la si me. Makaka akpa etɔ̃lia mamlɛtɔ ahlẽ ɖe ya nu, eye maɖe yi le aku me ɖe wo yome.”