Ezekiel 5:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ekema nye dziku nu atso, eye nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu nu abɔbɔ, nye dzi afa, eye woanya be nye, Yehowae ƒo nu kple ŋuʋaʋã nenye be metrɔ nye dziku katã kɔ ɖe wo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nye dɔmedzoe abi ade eseƒe ke, nye dziku nu afa ɖe wo ŋu, eye mafa dzi na ɖokuinye, ne wòadze sii be, nye Yehowa ye ƒo nu le nye ŋuʋaʋã me, nenye be, metrɔ nye dziku blibo la ƒo ɖe wo dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale mawɔ nye dziku ŋudɔe nye esi: “Maɖe nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu, eye nye dzi afa. Ne woanyae be nye Aƒetɔ ye ƒo nu le nye ŋuʋaʋã me, eye meɖe nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu.