Ezekiel 5:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Eya ta nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Miedze aglã wu dukɔ siwo ƒo xlã mi, miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye mielé nye sewo me ɖe asi o. Miaƒe wɔnawo menyo abe dukɔ siwo ƒo xlã mi la tɔwo gɔ hã ene o.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi miesẽ to wu dukɔ, siwo ƒo xlã mi godoo, miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye miewɔ nu ɖe nye sewo nu, ʋuu kekeke miahayi nu wɔ ge ɖe dukɔ, siwo ƒo xlã mi godoo ƒe sewo nu o la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: Elabe mievlo wu dukɔ siwo ƒo xlã mi godoo, eye miegbe zɔzɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye miegbe nye sewo dzi wɔwɔ. Ke miewɔ dukɔ siwo ƒo xlã mi godoo la ƒe sewo dzi.