Ezekiel 6:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Miƒo asikpe, mitu afɔ anyi, eye miado ɣli be, “Ao!” Le Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃ɖiwo kple ŋunyɔnuwo katã ta, elabena yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ƒu akpe, tu afa anyi, eye nado aléle ɖe Israel ƒe aƒe ƒe ŋunyɔnu vɔ̃ɖiawo katã ŋu, elabena wole yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si me tsi ge.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ Mawu be: “Ƒu akpe, tu afɔ anyi, eye nàgblɔ be: Aléle, le Israel-dukɔ ƒe nuvɔ̃ɖi kple ŋunyɔnuwo katã ta woatsi yi, dɔwuame kple dɔ vɔ̃ si me.