Ezekiel 6:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale woanya be nyee nye Yehowa, ne woƒe ame kukuwo mlɔ woƒe legbawo dome, eye ɖewo ƒo xlã woƒe vɔsamlekpuiwo le nuxeƒe ɖe sia ɖe kple to ɖe sia ɖe dzi, le ati dama kple oɖumti dama ɖe sia ɖe te, teƒe siwo katã wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na woƒe legbawo katã le.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye miadze sii bena, nyee nye Yehowa, ne miaƒe ame tsiaʋawo tsi miaƒe legbawo dome ƒo xlã miaƒe vɔsamlekpuiwo le togbɛ kɔkɔwo katã dzi, le towo katã ta me, le ati damawo katã kple logoti dodowo katã gome, teƒe, siwo wodo dzudzɔ ʋeʋẽe na woƒe legbawo katã le.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ. Nenye be woƒe ame siwo wowu la mlɔ woƒe legbawo dome ƒo xlã woƒe vɔsamlekpuiwo le togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe tame, le towo katã dzi, le ati dama ɖe sia ɖe te kple logoti dodowo katã gɔme; afi sia afi si wotsɔ lifi do dzudzɔ ʋeʋẽe na woƒe legbawo katã le la.