Ezekiel 6:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mado nye asi ɖa ɖe wo ŋu, eye mana woƒe anyigba nazu gbegbe, tso gbegbe la to yi Dibla, afi sia afi si woanɔ. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mado nye asi ɖa ɖe wo ŋu, eye mado gbegbe kple aƒedo anyigba la tso gbe dzi vaseɖe Ribla le wo nɔƒewo katã, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Makɔ asi dzi ɖe wo ŋu, eye mana anyigba la nazu aƒedo kple gbegbe le woƒe amenɔƒewo katã tso gbedadaƒo va se ɖe Ribla. Ekema woanyae be nyee nye Aƒetɔ.”