Ezekiel 6:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye nàgblɔ be, ‘O Israel ƒe towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nyawo. Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na towo kple togbɛwo, na agadowo kple balimewo: mele yi tsɔ ge ɖe mia ŋu, eye magblẽ miaƒe nuxeƒewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
gblɔ bena: Mi Israel-towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya! Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe towo kple togbɛwo, agatowo kple balimewo ŋu enye si: Kpɔ ɖa, mahe yi ava mia dzi, eye magblẽ miaƒe nuxeƒewo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gblɔ be: Mi Israel-towo, mise Aƒetɔ Mawu ƒe nya! Aƒetɔ Mawu le gbɔgblɔm ɖe towo, togbɛwo, agatowo kple baliwo ŋu be: Kpɔ ɖa, nye, nye ŋutɔ gɔ̃ hã matsɔ yi ɖe mia ŋu, eye magbã miaƒe nuxeƒewo.