Ezekiel 6:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema le dukɔ siwo me woɖe aboyo wo yi la, ame siwo asi la, aɖo ŋku dzinye. Woaɖo ŋku ale si woƒe ahasiwɔdzi siwo trɔ le yonyeme kple ale si woƒe ŋkuwo nɔ woƒe legbawo ŋu la na mese vevee la dzi, woase veve ɖe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ kple woƒe wɔna nyɔŋuwo katã ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miaƒe ame sisiwo aɖo ŋku dzinye le dukɔwo dome, afisi woɖe aboyo wo yii, nenye be, megbã woƒe ahasiwɔdzi, si trɔ le yonyeme, kple woƒe ŋku, siwo dze legbawo yome la; eye woanyɔ ŋu na woawo ŋutɔwo ɖokui le woƒe nu vɔ̃ɖi, siwo wotso woƒe ŋunyɔnuwo katã wo la ta;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ekema mi ame siwo sí la miaɖo ŋku dzinye le dukɔwo dome, afi si woɖe aboyo wo yii. Nenye be megbã woƒe ahasiwɔdzi, si gbe nu le gbɔnye, eye mena woƒe ŋku dzeha siwo dze woƒe legbawo yome la tsí. Woanyɔ ŋu na wo ɖokui le nuvɔ̃ɖi kple ŋunyɔnu siwo katã wowɔ la ta.