Ezekiel 7:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋutasesẽ tsi zu ameƒoti hena tohehe na ame vɔ̃ɖiwo. Womagblẽ ame aɖeke ɖi o; womagblẽ ameha ma me nɔla aɖeke, kesinɔnu aɖeke alo nu xɔasi aɖeke ɖi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋutasesẽ tsi zu vɔ̃ɖiwɔwɔ ƒe ameƒoti; wo dometɔa ɖeke megali o, woƒe ame gbogboawo dometɔa ɖeke megali o, woƒe nu gbogboawo dometɔa ɖeke megali o, eye woƒe atsyɔ̃ɖoɖo nu yi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋutasesẽ trɔ zu ameƒoti hena vɔɖivɔ̃ɖinyenye; wo dometɔ aɖeke maganɔ anyi o. Woƒe nu gbogboawo loo, alo woƒe kesinɔnu maganɔ anyi o. Ŋkɔ xɔxɔ gɔ̃ hã maganɔ wo dome o.