Ezekiel 7:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siwo katã atsi agbe, eye woasi la, woayi toawo dzi, anɔ konyi fam abe ahɔnɛ siwo le baliwo me ene, ɖe sia ɖe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miaƒe sisilawo asi, eye woano towo dzi abe akpakpawo le agato me ene, eye wo katã woanɔ xɔxlɔ̃m le woƒe vodadawo la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne ame aɖewo tsi agbe hesí la, woanɔ towo dzi abe ahɔnɛwo le baliwo me ene. Wo katã woanɔ konyi fam, ame sia ame ɖe eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta.