Ezekiel 7:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe ablɔwo dzi, eye woƒe sika azu nu makɔmakɔ. Woƒe klosalo kple sika mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe la o. Womatsɔe atsi woƒe dɔwuame nu o, eye womatsɔe aɖi ƒoe na wo o, elabena ena wodze nu vɔ̃ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe kpɔdomee, eye wòabu woƒe sika ŋunyɔnui; woƒe klosalo kple sika maɖe wo le Yehowa ƒe dzikudogbe o; womate atsi woƒe dɔwuame nu o, eye womatsɔe aɖi ƒoe o; elabena eyae ble wo de vodada me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe ablɔwo me, eye woƒe sika anɔ abe nu makɔmakɔ ene na wo. Woƒe klosalo kple sika mate ŋu aɖe wo le Aƒetɔ ƒe dzikudogbe la o. Womate ŋu atsɔe atsi woƒe dɔwuame nu alo wòana woaɖi ƒo o. Elabe eyae nye nukikli na woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ.