Ezekiel 7:27 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Fia la afa konyi, dzi aɖe le fiavi la ƒo, eye anyigba la dzi tɔwo ƒe asiwo adzo nyanyanya. Matu nu kpli wo le woƒe nɔnɔme nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woawo ŋutɔ ƒe gɔmesese nu. “ ‘Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Fia axa nu, dzidzi aƒo amegã, eye dukɔ hahoo la ƒe asi adzo nyanyanya, mawo wo ɖe woƒe zɔzɔme nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu wo de woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia la afa konyi, dzi aɖe le amegã la ƒo. Ame siwo le anyigba la dzi la ƒe asiwo afa le ŋɔdzi ta. Maɖo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔwɔ nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu, eye woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”