Ezekiel 7:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nyemakpɔ nublanui na mi loo alo ana miakpɔ ɖeɖe o. Mahe to na mi ɖe miaƒe nɔnɔme kple ŋukpenanu siwo le edzi yim le mia dome la ta kokoko. “ ‘Ekema mianya be, nyee nye Yehowa.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
nye ŋku makpɔ nublanui na wò o, eye nyemakpɔ tawò o; ke boŋ mahe wò zɔzɔme ava dziwò, eye wò ŋunyɔnuwo anɔ dowòme, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyematso wò ɖi loo, alo akpɔ nublanui na wò o. Ke boŋ mahe to na wò ɖe wò nuwɔnawo ta esime wò ŋunyɔnuwo le dowòme. Ekema miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”