Ezekiel 7:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tsɔtsrɔ̃ va mia dzi mi anyigbadzinɔlawo dzi. Ɣeyiɣi la de, ŋkeke la tu aƒe. Nuxaxa le toawo dzi, dzidzɔ aɖeke meli o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Anyigbadzinɔla, nuwɔame gbɔna ɖe dziwò! Ɣeyiɣi la gbɔna, nuxagbe tu aƒe, eye menye aseyetsotso le towo dzi o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wò anyigbadzinɔla, wò tsɔtsrɔ̃ do. Ɣeyiɣi la de, ŋkeke la gogo. Hoowɔwɔ ƒe ŋkekee; menye aseyetsotso le towo dzi ƒe nya ye o.