Ezekiel 8:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si Israel ƒe aƒe la ƒe ametsitsiwo le wɔwɔm le viviti la me, wo dometɔ ɖe sia ɖe le eya ŋutɔ ƒe legba ƒe nɔƒea? Wogblɔ be, ‘Yehowa mele mía kpɔm o; Yehowa gble anyigba la ɖi.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wògblɔ nam be: Amevi, ele nusi Israel ƒe aƒe la ƒe ame tsitsiwo dometɔ ɖesiaɖe le wɔwɔm le vivi me le eƒe xɔvi, si me nɔnɔmetatawo le me la kpɔma? Wole gbɔgblɔm be: Yehowa mele mía kpɔm o, Yehowa gblẽ anyigba la ɖi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wògblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, èkpɔ nu si wɔm Israel-dukɔ ƒe ametsitsiwo le le viviti me, ame sia ame kple eƒe nutatawo le eƒe xɔ mea? Elabe wole gbɔgblɔm be: ‘Aƒetɔ mele mía kpɔm o, Aƒetɔ gblẽ anyigba la ɖi.’ ”