Ezekiel 8:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekplɔm yi Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu emetɔ, eye le afi ma la, ŋutsu abe blaeve vɔ atɔ̃ ene nɔ gbedoxɔ la ƒe mɔnu le akpata la kple vɔsamlekpui la dome. Wotrɔ megbe do ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la gbɔ, wodze ŋgɔ ɣedzeƒe, eye wonɔ ta dem agu na ɣe le ɣedzeƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòkplɔm va Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu metɔ, kpɔ ɖa, ano ŋutsu blave vo atɔ̃ le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe mo nu le akpata la kple vɔsamlekpui la dome, wòtrɔ megbe ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la, eye wotrɔ ŋgɔ dze ɣedzeƒe hele gbe dom ɖa na ɣe do de ɣedzeƒe gome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekplɔm va Aƒetɔ ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu emetɔ me. Kpɔ ɖa, ŋutsu siwo anɔ ame bla eve vɔ atɔ̃ lɔƒo nɔ Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ ƒe agbo nu. Wonɔ akpata la kple vɔsamlekpui la dome. Wotrɔ megbe de Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ, eye wodze ŋgɔ ɣedzeƒe nɔ ɣe subɔm ɖo ɖe ɣedzeƒe gome.