Ezekiel 8:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Edo nane si le abe asi ene ɖa, eye wolé nye taɖa. Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi yi anyigba kple dziƒo dome, eye le Mawu ƒe ŋutega aɖe me la, ekɔm yi Yerusalem, yi ɖe xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo anyiehetɔ ƒe mɔnu, afi si legba si nyɔa ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe le Mawu me la le.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wòdo nane da abe asi ene helé nye taɖa, eye gbagba la kɔm ɖe anyigba kple dziƒo domee hekplɔm le Mawu ƒe ŋutega me va ɖo Yerusalem le agbo metɔ, si ɖo ta anyiehe gome la nu, afisi legbaa ɖe, si dea ŋuʋaʋã Yehowa me la le.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Edo nane ɖa abe asi ene heku nye taɖa me. Gbɔgbɔ la kɔm ɖe ya me le anyigba kple dziƒo dome. Ekplɔm le Mawu ƒe ŋutega me va Yerusalem, va agbo emetɔ si dze ŋgɔ dzigbeme lɔƒo, afi si legba ʋãŋu si nana be woʋãa ŋu la le.