Ezekiel 8:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, kpɔ anyiehe lɔƒo.” Mekpɔ afi ma, eye mekpɔ legba si he ŋuʋaʋã vɛ le mɔnu si le vɔsamlekpui la ƒe agbo ƒe anyiehe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ nam bena: Amevi, fa ko dzi ɖe anyiehe gome! Tete mefɔ kɔ dzi, eye kpɔ ɖa, ŋuʋaʋã ƒe legba sia le vɔsamlekpui la ƒe agbo la nu le anyiehe gome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wògblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, trɔ mo ɖe dzigbeme nàfɔ mo dzi.” Mefɔ kɔ dzi kpɔ dzigbeme, eye kpɔ ɖa, le vɔsamlekpui la ƒe agbo la nu le eƒe dzigbeme la, legba ʋãŋu la le afi ma.