Ezekiel 8:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si wɔm wolea? Èkpɔ ŋunyɔnu siwo Israel ƒe aƒe la le wɔwɔm le afi sia? Èkpɔ ŋunyɔnu siwo anyam ɖa boo tso nye teƒe kɔkɔe la gbɔa? Ke àgakpɔ nu bubu siwo nyɔ ŋu sãa wu esiawo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ nam bena: Amevi, èle nusi wɔm wole la kpɔma? Ŋunyɔnu gã Israel ƒe aƒe la le wɔwɔm le afisia, ne wòatsɔ anyãm ɖa le nye kɔkɔeƒe la ŋu; ke ègale ŋunyɔnu gãwo kpɔ ge.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, èkpɔ nu si wɔm wolea? Èkpɔ ŋunyɔnu gã si wɔm Israel-dukɔ la le, le afi sia be yewoatsɔ nyàm ɖa ʋĩi tso nye kɔkɔeƒe laa? Gake èle ŋunyɔnu siwo lolo wu esia la kpɔ ge.”