Ezekiel 9:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mekpɔ ame ade wotso dzigbegbo si dze ŋgɔ anyiehe la gbɔ gbɔna; ɖe sia ɖe lé aʋawɔnu dziŋɔ aɖe ɖe asi. Ame aɖe nɔ wo dome, edo aklala biɖibiɖi ƒe awu, eye wòkpla agbalẽŋlɔnuwo ɖe eƒe axame. Woge ɖe eme, eye wotsi tsitre ɖe akɔblivɔsamlekpui la xa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete ŋutsu ade to dzigbegbo, si ɖo ta anyiehe la ƒe mɔ va, wo dome amesiame lé ametsrɔ̃nu ɖe asi, eye ŋutsua ɖe le dome na wo, amesi ta aklala, eye agbalẽŋlɔnu le aklito nɛ. Eye wova he tsi tre ɖe akɔblivɔsamlekpui la xa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, ŋutsu ade tso agbo si le dzime si dze ŋgɔ dzigbeme lɔƒo va; ame sia ame kple eƒe aʋawɔnu si wòtsɔ le ame wu gee la, le eya ŋutɔ si, eye ŋutsu aɖe si do aklalawu la le wo ŋuti. Elé kpe si dzi woaŋlɔ nu ɖo la ɖe axa me. Woyi ɖatɔ ɖe akɔblivɔsamlekpui la gbɔ.