Ezekiel 9:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wonɔ ameawo wum, eye nye ɖeka metsi anyi la, metsyɔ mo anyi, eye medo ɣli be, “Ao! Aƒetɔ Yehowa! Ɖe nèle Israel ƒe ame mamlɛawo katã tsrɔ̃ ge le wò dɔmedzoe kɔkɔ sia ɖe Yerusalem ŋu la mea?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòva me, esime wowu wo, eye nye ɖeka mekpɔtɔ la, metsyɔ mo anyi hedo ɣli gblɔ bena: Ao, Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe ame susɔeawo katãe nèbe, yeatsrɔ̃, esi nètrɔ̃ wò dziku ƒo ɖe Yerusalem dzia?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wole ameawo wum la, nye ɖeka metsi anyi. Metsyɔ mo anyi, fa avi, do ɣli gblɔ be: “Ao, Aƒetɔ Mawu! Ɖe nàtsrɔ̃ Israel ƒe ame mamlɛawo katã le wò dɔmedzoe si nètrɔ kɔ ɖe Yerusalem dzi la taa?”