Ezra 10:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
gake ame geɖewo le afi sia, eye wònye tsidzaŋɔli hã, ale míate ŋu anɔ tsitre ɖe gota o. Gawu la, womate ŋu awɔ nya sia ŋu dɔ le ŋkeke ɖeka alo eve me o, elabena míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe le nu sia me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke dukɔ la sɔ gbɔ, eye wonye tsidzaɣi, be womate ŋu anɔ tsitre ɖe xexe o, eye dɔ la menye ŋkeke ɖeka alo ŋkeke eve tɔ wònye o, elabena míaƒe dzidadawo sɔ gbɔ le nya sia me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gake ameawo sɔ gbɔ; tsidzaɣi hãe nye esia, mímate ŋu anɔ ya nu didie o, evɔ nu si wòle be míawɔ la, menye ŋkeke ɖeka alo eve ƒe nya o elabe mía dometɔ siwo nye sedzidalawo le nya sia me la sɔ gbɔ ŋutɔ.