Ezra 2:59 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesiwo tso Tel-Melax, Tel-Xarsa kple Kerub-Adan-Imer va, eye womete ŋu fia woƒe aƒekɔwo alo woƒe dzɔdzɔme be, Israel yewotso o la, wonye;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame aɖewo tso Tel-Melax, Tel-Xarsa kple Kerub-Adan-Imer va, eye womete ŋu fia woƒe ƒome alo dzɔtsoƒe le Israelviwo dome o. Woawoe nye: