Ezra 3:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesua kple via ŋutsuwo, nɔviawo kple Kadmiel kple via ŋutsuwo, ame siwo nye Hodavia ƒe dzidzimeviwo, kpe ɖe Henadad ƒe viŋutsuwo kple wo viŋutsuwo kpakple wo nɔviwo ŋu. Levitɔwo katã wɔ ɖeka le ame siwo le Mawu ƒe aƒe la tum la ƒe dɔwo dzi kpɔkpɔ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yesua kple viawo kpakple nɔviawo. Kadmiel kple viawo, siwo nye Hodaya viwo, do va sɔsɔe, be yewoanɔ amesiwo le dɔ wɔm le Mawu ƒe aƒea ŋu la nu, nenema ke nye Xenadad viwo kple wo viwo kpakple wo nɔviwo, siwo nye Lewi-viwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Yesua kple via ŋutsuwo kpakple nɔviawo, Kadmiel kple via ŋutsuwo, Binui kple Hodavia, hekpe ɖe Xenadad viŋutsuwo ŋu, Levi viwo, wo viŋutsuwo kple wo nɔviwoe nye ame siwo wɔ dɔ le Mawu ƒe aƒea ŋu la dzikpɔlawo.