Ezra 7:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, nye Fia Artazerses, mele gbe ɖem na nudzraɖoƒedzikpɔla siwo katã le Frat tɔsisi la godo be, woatsɔ nu sia nu si nunɔla Ezra, Dziƒo Mawu la ƒe Sefiala, abia mi la nɛ kaba
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nye, fia Artaxsasta, mana woade se na kesinɔnu dzikpɔlawo katã le tɔsisi le ƒe go keme dzi be, nusianu, si nunɔla Ezra, amesi nye dziƒo Mawu ƒe sefiala la, abia tso mia si la, mianae pɛpɛpɛ,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Azɔ nye, fia Artaxsasta meɖe gbe na fia ƒe gadzikpɔla siwo le Tɔgodo Nutome la be nu sia nu si nunɔla Ezra, dziƒo Mawu la ƒe sefiala abia tso mia si la, minae wòade tututu;