Ezra 7:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke wò, Ezra, le wò Mawu ƒe nunya si wòna wò nu la, tia nyadrɔ̃lawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo, ame siwo nya wò Mawu la ƒe Sewo nyuie, ne woakpɔ ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ na ame siwo le Frat tɔsisi la godo. Ke fia se la ame siwo menya Seawo nyuie o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wò Ezra ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo le wò Mawu ƒe nya, si le asiwò la nu, ne woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ, si katã le tɔsisi la ƒe go keme dzi, amesiwo katã nya wò Mawu ƒe seawo, eye amesi ke menya wo o la, mifia woe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Azɔ wò Ezra, nàɖo kodzoɖilawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe Mawu ƒe nunya si wòna wò la nu, ne woakplɔ ame siwo katã nya wò Mawu la ƒe seawo le Tɔgodo Nutoa me, eye nàfia sea ame siwo menya wo o la hã.